Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 12:21 - Agbenya La

21 “Enye nyateƒe be, ale ame sia ame si le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la lee nye esi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.

Onani mutuwo Koperani




Luka 12:21
14 Mawu Ofanana  

Ame aɖe wɔna abe kesinɔtɔe wònye ene, evɔ naneke mele esi o, ame bubu wɔa eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu geɖe le esi.


Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.


“Baba na ame si tu sã to amebaba me, ne yeawɔ nɔƒe ɖe dziƒo ke be yeasi le gbegblẽ nu.


Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o.


Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si?


“Ao, baba na mi kesinɔtɔwo, elabena wokpɔ dzidzɔ le anyigba sia dzi xoxo.


Gake ɖe miaƒe tomaɖomaɖo kple dzimesesẽ ta la, miaƒe nu vɔ̃wo le agbɔ sɔm ɖe edzi, hele Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la lalam, esime wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.


Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ, eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe dzidzɔ dea mía me. Míele abe ame siwo nye ame dahewo ene, gake míena ame geɖewo zu kesinɔtɔwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene, gake nu sia nu le mía si.


Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me.


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã?


Menya wò fukpekpe kple ahedada, evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔa busunyawo. Wobe yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa