Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:48 - Agbenya La

48 Mieɖi ɖase, eye mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Wowu nyagblɔɖilawo, eye miawo hã mieɖɔa woƒe yɔdowo ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Ale míenye ɖaseɖilawo, eye miefiaa kpɔɖeŋu be, mia fofowo ƒe nuwɔwɔ la nyo mia ŋu; elabena woawoe wu wo, ke miawoe ɖoa woƒe yɔdowo ɖo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:48
14 Mawu Ofanana  

Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o.


Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o, eye wò ŋutɔ wò nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò.


Ana woawo ŋutɔ ƒe aɖe nade wo nya me eye wòahe wo ade tsɔtsrɔ̃ me. Ame siwo katã akpɔ wo la aʋuʋu ta ɖe wo ŋu fewuɖutɔe.


“Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo.


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo.


Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo.


“Babaa na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene.


Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’


Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.


Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me.


Yosua yi edzi be, “Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenye ɖasefowo.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa