Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:32 - Agbenya La

32 Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã atsi tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple dzidzime sia, eye woabu fɔe; elabena wotrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒãɖeɖe nu, eye kpɔ ɖa, amesi wu Yona, le afisi!

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:32
9 Mawu Ofanana  

Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!”


Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya.


Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!”


Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Dzidzime vɔ̃ɖi si wɔa ahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu Nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o,


Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.


Le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre afia asi dzidzime sia, eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso anyigba ƒe seƒe ke va be yease Solomo ƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome.


Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa