Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:20 - Agbenya La

20 Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema efia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Mawu ƒe asibide dzi la, ekema mawufiaɖuƒe la ɖi ɖe mi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:20
11 Mawu Ofanana  

Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.


“Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo.”


Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã.


‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’


Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’


Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye wòle eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo anɔ dedie.


“Azɔ menyae nyuie be mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ, heɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la la, dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ o.


Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi be woabu mi be miedze na mawufiaɖuƒe si ŋuti miekpe fu ɖo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa