Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 11:1 - Agbenya La

1 Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòva ve me bena, esi wòle gbe ɖom ɖa le teƒea ɖe, eye wòdzudzɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mi, abe alesi Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.

Onani mutuwo Koperani




Luka 11:1
14 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi; ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo.


Na be nye numenyawo kple nye dzi ƒe ŋugbledede nadze ŋuwò, O! Yehowa, nye Agakpe kple nye Xɔnametɔ.


Ke nu ɖeka koe le vevie, eyae nye nu si Maria tia, eya womele exɔ ge le esi o.”


Yesu gblɔ na wo be, “Ale miado gbe ɖae nye esi: “ ‘Fofo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, wò fiaɖuƒe neva.


Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu zã blibo katã.


Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!”


eye wòdɔ wo ɖo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?”


Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ, eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?”


Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi, afi si wòɖo be yeado gbe ɖa le.


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa