Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 10:6 - Agbenya La

6 Ne ŋutifafame aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agbugbɔ ava mia dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye ne ŋutifafamea ɖe le afima la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agagbugbɔ ava mia dzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 10:6
11 Mawu Ofanana  

Gake ne wodze dɔ la, metaa akpanya, eye metsɔa nutsitsidɔ bɔbɔa ɖokuinyee. Ne womeɖo nye gbedodoɖa ŋuti nam o la,


elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖu le eƒe abɔta, eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be, “Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ, Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”


“Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã, migblɔ be, ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’


“Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.


Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo.


Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã.


Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.


Abe vi ɖotowo ene la, migadze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me, esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o,


Anyo be nàbu ta me kaba, elabena nya sesẽ aɖe le dzɔdzɔ ge ɖe míaƒe aƒetɔ kple ƒome blibo la dzi. Míaƒe aƒetɔ nye kɔlialiatɔ ale gbegbe be ame aɖeke maƒo nu nɛ wòase o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa