Nu ɖeka mebia Yehowa, esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me le nye agbemeŋkekewo katã me, ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu, eye madii le eƒe gbedoxɔ me.
Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”
Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o.
“Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya wò le dɔ me.’
“Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me.
Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nàdze yonyeme.”
Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.”
Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ, eye wòsii na Yesu ƒe afɔwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Ami la ƒe ʋeʋẽ xɔ aƒe blibo la me.
“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me.
Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.”
Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o.
“Meyɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe mia ŋu be egbe la, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom, eya ta anyo be miatia agbe ale be miawo kple mia viwo siaa mianɔ agbe!
Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”