18 Yesu ɖo eŋu be, “Nyateƒee, nye ŋutɔ mekpɔ Satana wòge tso dziƒo abe dzikedzo ene!
18 Eye wògblɔ na wo bena: Mekpɔ Satana abe dzikedzo ene ge tso dziƒo.
Aleke nèhege tso dziƒoe, o ŋukeɣletivi! Wokɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba dzi; wò ame si te dukɔwo ɖe anyi kpɔ!
Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ”
Gaƒoƒo la de be woadrɔ̃ ʋɔnu xexea me; azɔ la, woanya xexe sia me ƒe fia la.
eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.
Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam,
Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.
Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka (1,000).
Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la. Wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia.