Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 10:11 - Agbenya La

11 ‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Mieʋuʋu miaƒe ɖu me ʋuʋudedi, si ke lé ɖe miaƒe afɔwo ŋuti, gɔ̃ hã ɖi na mi; gake minya esia bena, mawufiaɖuƒe la gogo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 10:11
16 Mawu Ofanana  

Ne woɖo to wò alo womeɖo to wò o hã la, ame dzeaglãwo wonye, ke woanya be nyagblɔɖila nɔ yewo dome.


Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi o, eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo.


Miyi miagblɔ na wo be dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.


“Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo.”


Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi, eye miadzo. Esia nye ɖase be miegblẽ teƒe la ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.”


“Ne womexɔ mi le du aɖe me o la, mige ɖe dua ƒe ablɔwo dzi ne miagblɔ be,


Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’


Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.


“Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o siwo vɔ̃a Mawu sia la, medi be mianya be míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖo.”


Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o.


Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ.


Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dzesi ene, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Ikonio.


Ke le Israel ŋuti la, egblɔ bena, “Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo na dukɔ si meɖoa to o la, ke wole ɖeklemiɖeɖe dzi, eye wogbea vava.”


Ke nya ka wògblɔ? “Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie; ele wò nu me, eye wòle wò dzi me hã.” Esia nye xɔse si ŋu míele gbeƒã ɖem le la.


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa