Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:66 - Agbenya La

66 Ame sia ame si se nya sia la bua ta me le eŋu ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

66 Eye amesiwo katã see la, wòlée ɖe ta me le gbɔgblɔm bena: Nuka gɔ̃ ɖevi sia ava zu mahã? Elabena Aƒetɔ la ƒe asi hã li kplii.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:66
16 Mawu Ofanana  

Nɔviawo ʋã ŋui ɖe edzi wu, gake fofoa ya de ŋugble le nya la ŋuti.


Yehowa yra Yosef le eƒe aƒetɔ si nye Egiptetɔ la ƒe aƒe me ale gbegbe be nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi.


Yehowa ƒe ŋusẽ va Eliya dzi ale be, esi wòbla eƒe ali dzi nyuie la, ete ŋu ƒu du nɔ ŋgɔ na Ahab ƒe tasiaɖam va se ɖe Yezreel ƒe agbo nu.


Meɣla wò nya ɖe nye dzi me, be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Wò asi nenɔ ŋutsu si le wò nuɖusime, amegbetɔvi si nènyi na ɖokuiwò la dzi.


Nye asi alée ɖe asi, le nyateƒe me, nye alɔ ado ŋusẽe.


Ɖevi la tsi, eye wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.


Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzi me, eye wòbua wo ŋu zi geɖe.


Ɖevi la tsi le afi sia le nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya be eƒe nunya kɔ sãa, eye Mawu kɔ eƒe yayra ɖe edzi fũu.


Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me.


“Miɖo to afii, eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe ta me. Wole nye Amegbetɔ Vi la de ge asi.”


Eye Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ kpli wo, eye ameha gã aɖe xɔ se hezu Aƒetɔ la yomedzelawo.


Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me.


Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.


Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa