Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:65 - Agbenya La

65 Nyadzɔdzɔ blibo la wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ, eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ la dzi la katã me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

65 Eye vɔvɔ̃ va amesiwo katã ɖe aƒelika kpli wo la dzi, eye woƒo nu le nyadzɔdzɔ siawo katã ŋuti le Yudea-tonyigba blibo la katã dzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:65
12 Mawu Ofanana  

Esi wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herod ŋɔli la, ɣletivimenunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam be,


Le ŋkeke siawo me la, Maria tso, eye wòɖe abla yi Yudea dua me,


Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ.


Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.”


Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbeŋkeke sia dzi.”


Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu.


Wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo hã wɔ nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ.


Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.


Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la.


Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene.


Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.”


Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre, eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa