Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:59 - Agbenya La

59 Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

59 Eye wòva ve me le ŋkeke enyilia dzi bena, wova aʋa tso ge na ɖevi la, eye wotsɔ fofoa ŋkɔ Zaxarya nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:59
6 Mawu Ofanana  

Woatso aʋa na ŋutsuvi ɖe sia ɖe le gbe si gbe wodzii la ƒe ŋkeke enyia gbe. Woatso aʋa na wò kluvi siwo nèƒle kple ga alo wo ƒe viwo kple wò ŋutɔ wò dzidzimeviwo siaa. Esia nye nubabla ƒe akpa si anɔ anyi tegbee, eye wòanye dɔdeasi na wò dzidzimeviwo katã.


Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe.


Esi vidzĩ la xɔ ŋkeke enyi la, wowɔ aʋatsotsokɔnu nɛ, eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã.


Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.


elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ kple Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa