54 Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi
54 Ede eƒe dɔla Israel dzi hena ŋkuɖoɖo nublanuikpɔkpɔ dzi;
Mawu le afi ma, eya ta mamu adze anyi o. Mawu akpe ɖe eŋu ne ŋu ke teti.
Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la, eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe.
“Ɖo ŋku nu siawo dzi, O! Yakob, elabena wòe nye nye dɔla, O! Israel. Nyee me wò, eye nye dɔlae nènye. O! Israel, nyemaŋlɔ wò be akpɔ o.
Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃, vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa? Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la, nye ŋkuwo gale eŋuti ko. Eya ta nye dzi le eyome ɖaa eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,” Yehowae gblɔe.
Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be, “Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ, metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti.
Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àkpɔ nublanui na Abraham abe ale si nèka atam na mía fofowo tso blema ke ene.
Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.
be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.”