Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:52 - Agbenya La

52 Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Etu asi ŋusẽtɔwo ƒu anyi tso fiazikpuiwo dzi, eye wòdo ame bɔbɔɖanyiwo ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:52
14 Mawu Ofanana  

Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã.


Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’ “Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”


“Ekema le ɣe ma ɣi me la, “Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu, maɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo, magaɖo eƒe aƒedowo te, eye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene,


Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ.


Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”


Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”


Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.


“Woŋe ŋusẽtɔwo ƒe aŋutrɔwo ke ame beliwo la, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa