50 Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.
50 Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ.
“Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli wò kple wò dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye wò Mawu kple Mawu na wò dzidzimeviwo.
Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.”
Elabena abe ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe ene la, nenemae eƒe lɔlɔ̃ loloe na ame siwo vɔ̃nɛ.
ayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, suewo kple gãwo siaa.
Ame siwo vɔ̃a Yehowa la negblɔ be, “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo, esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo.
ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.
Wò nu nyui siwo nèdzra ɖo ɖi na ame siwo vɔ̃a wò la lolo ŋutɔ. Nu nyui siwo nèkɔ ɖe ame siwo si wò tso dzi le amewo ƒe ŋkume la lolo.
Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi.
Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi.
Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.
Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa!”