Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:36 - Agbenya La

36 Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eye kpɔ ɖa, Elisabet, wò ƒometɔ la, fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge le eƒe nyagãkuku me, eye ɣleti sia enye adelia na eya, amesi woyɔna be konɔ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:36
10 Mawu Ofanana  

Ke Sarai medzi vi aɖeke o.


Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar.


Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.


Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi.


Ke nyɔnu la fɔ fu eye esi ƒe trɔ le ɣeyiɣi ma ke dzi la, edzi ŋutsuvi abe ale si Elisa gblɔe nɛ do ŋgɔe ene.


Amedziɣi li, eye kuɣi li. Nudoɣi li, eye nuxaɣi li.


Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi.


Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.”


Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi.


To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa