Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:3 - Agbenya La

3 Eya ta enyo nye hã ŋunye, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofilos,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 enyo nye hã ŋu, esi medzro wo katã me kpɔ tsitotsito vaseɖe egɔme ke bena, maŋlɔe na wò ɖekaɖeka, amegã Teofil,

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:3
17 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo! Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o. Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu, eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o, elabena wosɔ gbɔ akpa.


Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe, eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene, gake maka mo na wò, eye mado asi ɖe mo na wò.


be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu na ame si dɔ wò la oa?


Ke esi Nyagblɔla nye nunyala ta la, eyi nu siwo katã wònya la fiafia amewo dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, eƒo ƒu lododowo, eye wòma wo ɖe tanya vovovowo te,


Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome la ŋu,


O Teofilos, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la, meŋlɔ nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me


Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo.


“Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o.


Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ.


Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


Paulo nɔ Antoxia vie, emegbe edze mɔ tso teƒe yi teƒe le Galatia kple Frigia nutowo me le ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.


Klaudio Lisia, Na Bubutɔ, mɔ̃mefia Felix, Xɔ gbedoname nyui sia.


Ke le afi sia afi míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzi me ke ɖe esia ta.


Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festus, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko.


Meɖe kuku na mía nɔvi Apolo be eya kple nɔvia bubuwo nava kpɔ mi ɖa, ke ebu be menye Mawu ƒe ɖoɖo wònye na ye be yeayi fifia o. Ava mia gbɔ emegbe ne mɔnu aɖe ʋu nɛ.


Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosi la megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye.


Ne èɖe nu siawo me na ame bubuwo la, ànɔ wò dɔdeasi wɔm abe Yesu Kristo ƒe subɔla nyui si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si yome nèdze la nu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa