Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:22 - Agbenya La

22 Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo, esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke esi wòɖo go la, mete ŋu ƒo nu na wo o, eye wodze sii bena, ekpe nu le mawuxɔ la me, eye wòmia asi wo, eye wòtsi nu maƒomaƒo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:22
8 Mawu Ofanana  

Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã.


Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema.


Zekaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe subɔsubɔŋkeke mamlɛawo wu enu, eye wòtrɔ yi aƒe me.


Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia.


Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Bia mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe lae.”


Petro tsɔ asi wɔ dzesi na wo be woazi ɖoɖoe kpoo, ale wògblɔ ale si Aƒetɔ la ɖee le gaxɔa me la na wo. Egblɔ na wo be, “Migblɔ nu si va dzɔ la na Yakobo kple ame nɔviawo.” Emegbe eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu.


Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro le ameawo dome, eye enumake wohee do goe wòva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi, eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo.


Asrafowo ƒe amegã la lɔ̃ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi, ale Paulo tsi tsitre ɖe atrakpui la dzi hekɔ asi dzi na ameha la, eye ɖoɖoe gã aɖe zi enumake. Azɔ eƒo nu na wo le Hebrigbe me be:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa