Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Agbadɔ la me ne Aron ge ɖe eme be yeaɖe nu vɔ̃ ɖa le Teƒe Kɔkɔe la ŋu o va se ɖe esime wòalé avu le eya ŋutɔ ɖokui, eƒe aƒemetɔwo kple Israelviwo katã ta, eye wòagado go.
Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe
Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la hã va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi.