2 Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu, tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã.
2 ewu eƒe lãwo, edzro eƒe wein, eye wòɖo kplɔ̃ hã;
Esi Yosef kpɔ be wokplɔ Benyamin vɛ la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be, “Ame siawo aɖu nu kplim ŋdɔ sia; kplɔ wo yi aƒe me, eye nàdzra ɖo ɖe kplɔ̃ gã aɖe ɖoɖo ŋu.”
Ame siwo tsia wainze te la tɔe, ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe.
“Miva, miɖu nye nu eye mino nye wain si metɔtɔ.
Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye, ame si fia num la ƒe aƒe me. Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno.
Le to sia dzi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã. Wain tsitsitɔ anɔ afi ma. Lã damitɔ akpe ɖe eŋu, eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu.