Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 8:9 - Agbenya La

9 Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le; fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Wo katã me kɔ ne amesiwo dze nunya eye wosɔ na amesiwo ƒe esi tu sidzedze la.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 8:9
17 Mawu Ofanana  

Fewuɖula dia nunya gake mekpɔa ɖeke o, ke gɔmesese vana na ame si si sidzedze le la bɔbɔe.


Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesese gake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu.


Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o.


Ame si si sidzedze le la ƒe ŋku nɔa nunya ŋu, ke bometsila ƒe ŋkuwo tsana, dona ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Sidzela ƒe dzi kpɔa gɔmesese eye nunyala ƒe to dia gɔmesese.


Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si gɔmesese su


Mɔtata gbadza aɖe anɔ afi ma. Woayɔe be kɔkɔenyenye ƒe mɔ. Ame makɔmakɔwo mazɔ mɔ sia dzi o. Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ ma dzi. Gegemewo gɔ̃ hã matra le edzi o.


O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae? “Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea? Ɖe esiawo tso egbɔa? “Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo lé mɔ dzɔdzɔe tsɔ oa?


Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye.


Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo.


Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa