3 Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xa kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be,
3 Ele ɣli ɖom le agboawo xa, le dua ƒe mɔ nu kple ʋɔtruawo nu bena:
“Ne meyi dua ƒe agbo nu, henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli, le dua ƒe ablɔme la,
Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm le dua ƒe agbowo me be,
“O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã.
eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃ la ŋuti.’
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o.
“Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”