1 Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa? Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa?
1 Ɖe nunya mele ɣli dom, eye gɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa?
Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,
Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,
Ame sia ŋutie woƒo nu le to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be, “Gbe aɖe le ɖiɖim le gbegbe bena, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo, eye mita mɔ dzɔdzɔewo nɛ!’ ”
Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo!”
Ke ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwuŋkeke la naɖo.
Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem.
Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi.
Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.”
“Gake Mawu gblɔ nam be madzo le dua me godoo, elabena yeaɖom ɖe kekeke ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ be magblɔ nya na wo.”
ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya.