Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 7:7 - Agbenya La

7 Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome, mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete meɖe ŋku ɖe ame bebewuwo dome, eye mekpɔ ɖekakpuivi bometsilaa ɖe le ŋutsuviwo dome.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 7:7
24 Mawu Ofanana  

Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam, egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’ eye wòɣlaa eƒe mo.


Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo, eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.


Yehowa ƒe se la de blibo, enaa agbegbɔgbɔ luʋɔ! Yehowa ƒe ɖoɖowo le eteƒe, eye wonana bometsilawo dzea nunya.


“Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ? Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, bometsilawo alé fu sidzedze?


elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.


be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya kple sidzedze sɔhɛwo,


Nunya le nugɔmeselawo ƒe nuyi dzi, ke ameƒoti adze dzime na numanyalawo.


Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae.


Susu wodzoetɔ xɔa nya sia nya dzi sena, ke nunyala dea ŋugble le eƒe afɔɖeɖewo ŋuti.


Susu wodzoetɔwo ƒe domenyinue nye bometsitsi, ke wotsɔa sidzedze ɖɔna na nunyalawo.


Menyo be dzo nanɔ mewò ɖe nuwo wɔwɔ ŋu gɔmesesemanɔmee alo atsi dzi ahabu mɔ o.


Ƒo fewuɖula kple ati, ekema gegemewo adze nunya; ka mo na ame si si sidzedze le, ekema gɔmesese asu esi.


Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu.


Meto kuviatɔ kple ame manyanu ƒe waingble ŋu yi;


Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila le yiyim eye wòkpe fu ɖe eta.


Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu eye nàƒu to anyi nyuie ɖe nye sidzedze ƒe nyawo ŋu,


Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.


Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome.


Mi bebewuwo, midze nunya; mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si.


“Mí ame siwo katã nye bebewuwo la, mige ɖe eme le afii!” Egblɔna na ame siwo menya nu o la be,


“Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!” Egblɔ na numanyalawo be,


“Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o. Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene elabena womenyam o. Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me eye womenya nu nyui wɔwɔ o.”


Yesu bia wo be, “Ke miawo hã, miese nya sia gɔme oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa