Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.
Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me.
Nu bubu si wòle be míagasrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi me lae nye be esi wo dometɔ aɖewo wɔ ahasi ta la, ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000) sɔŋ ku le wo dome le ŋkeke ɖeka ko dzi.
Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume, eye mafa konyi le ame geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye, ahasiwɔwɔ kple hadzedze siwo wowɔ la ŋuti la ta.
Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ.