1 Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò.
1 Vinye, dzra nye nuƒoƒo ɖo, eye naɣla nye sededewo ɖe gbɔwò.
Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me
Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃ eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.
Nunyalawo dzraa gɔmesese ɖo, ke bometsila ƒe nu hea gbegblẽ vɛ.
Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,
Mègana woadzo le wò ŋkume o, ke boŋ dzra wo ɖo ɖe wò dzi me,
Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe
Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.
Maxɔ avulénu aɖeke o, eye maxɔ zãnu aɖeke hã o, aleke gbegbee wòloloe hã.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.”
Ke anyigba nyui lae nye ame siwo se nya la kple dzi nyui si dza, eye wolé eme ɖe asi sesĩe, ale wotsea ku le dzigbɔɖi me.”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.
Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.
ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo.
Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see, eye wotsɔ emenyawo de woƒe dzi me la, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.
Ke egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la ŋu; subɔ Mawu ko!”