18 Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.
18 Wò vudo anye yayra, eye àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ ŋu,
Ɖe wòle be wò tsitsetsewo nagbagba ɖe mɔtatawo dzi kple wò tsi sisi ɖe du ƒe ablɔwo mea?
Wonenye wò ɖeka ko tɔ, mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o.
“Tsi si wofi la vivina, eye nu si woɖu le vivime la vivina!”
Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta.
Nye ŋugbetɔ, nɔvinye nyɔnu, èle abe abɔ si ƒe ʋɔ wotu la ene. Eye nèle abe vudo si nu wotu nu ɖo kple tsitsetse si nu wotre la ene.
Èle abe tsi dzidzi si le abɔ me, kple vudo si yɔ gbã go hele sisim tso Lebanon ene.
“Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde dɔ tɔxɛ aɖeke asi nɛ o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.”