16 Ɖe wòle be wò tsitsetsewo nagbagba ɖe mɔtatawo dzi kple wò tsi sisi ɖe du ƒe ablɔwo mea?
16 Ɖe wò tsi adzi agba go, eye wò tɔʋuwo asi ɖa gbagbagbea?
Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.”
Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.
Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.
Mikafu Mawu le ameha gã la dome. Mikafu Yehowa le Israelviwo ƒe takpekpe me.
No tsi tso wò ŋutɔ wò tsiʋe me kple tsi dzidzi tso wò ŋutɔ wò vudo me.
Wonenye wò ɖeka ko tɔ, mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o.
Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.
“Tsi si wofi la vivina, eye nu si woɖu le vivime la vivina!”
Nye ŋugbetɔ, nɔvinye nyɔnu, èle abe abɔ si ƒe ʋɔ wotu la ene. Eye nèle abe vudo si nu wotu nu ɖo kple tsitsetse si nu wotre la ene.
Èle abe tsi dzidzi si le abɔ me, kple vudo si yɔ gbã go hele sisim tso Lebanon ene.
Tsikɔ mewu wo esi wòkplɔ wo to gbedzi o. Ena tsi do tso agakpe me na wo. Egbã agakpe la, eye tsi do bababa.
Ale Israel nɔa anyi dedie; le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo, eye tsi dzana tso dziƒo ɖo.
Viŋutsu blaetɔ̃ kple vinyɔnu blaetɔ̃ nɔ esi. Etsɔ via nyɔnuwo na amedzroŋutsuwo woɖe eye wòkplɔ ɖetugbiwo tso dzronyigbawo dzi vɛ na via ŋutsuwo woɖe. Ibzan nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe adre