Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 5:11 - Agbenya La

11 Le wò agbe ƒe nuwuwu la, ànɔ ŋeŋem, ne wò ŋutilã kple wò ameti blibo la vɔ le eme.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 eye ne eɖo mlɔeanu na wò, eye wɔna le vɔvɔm le wò ŋutilã kple wò lãkusi ŋu la, màganɔ hũ ɖem

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 5:11
12 Mawu Ofanana  

Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo alo gena ɖe agbemɔ la dzi o.


Ne menye nenema o la, amedzrowo anye avuzi le miaƒe kesinɔnuwo dzi eye nu si nète fifia kpɔ la aɖo atsyɔ̃ na ame bubu ƒe aƒe me.


Àgblɔ be, “Metsri amehehe kɔkɔkɔ! Eye nye dzi do vlo ɖɔɖɔɖo!


Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã, abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene


Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”


Ne nyɔnu la gblẽ kɔ ɖo, eye meto nyateƒe na srɔ̃a o, evɔ wona wòno tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi la age ɖe eƒe lãme, eye wòase veve vevie. Eƒe ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ataŋulã aflo ɖa, eye wòazu ɖiŋudonu le eƒe amewo dome.


Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me!


O! Nunyalawo woanye hafi anye ne woase nu gɔme; anye ne woanya nu tso nu si me woɖo tae la ŋu!


Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.


gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”


Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa