Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 5:1 - Agbenya La

1 Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu eye nàƒu to anyi nyuie ɖe nye sidzedze ƒe nyawo ŋu,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu, ƒu to anyi ɖe nye gɔmesese ŋu,

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 5:1
16 Mawu Ofanana  

Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,


Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo, na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti,


Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.


Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu.


Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.


Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome, mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome.


Migabui ne mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be, ‘Mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ azu viwo na Abraham.


Ne to senu li na mi la, misee!


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me,


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ku evelia mawɔ nu vevi aɖeke ame si aɖu dzi la o.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea.


Ame sia ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.


Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.”


Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa