9 Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na wò.”
9 Aɖɔ seƒoƒotsihe nyui ɖe la na wò, eye woana fiakuku dzeani wò.
Gawu la, matsɔ nu si mèbia o la hã akpee na wò, kesinɔnuwo kple bubu siaa, ale be le wò agbemeŋkekewo katã me la, fia aɖeke masɔ kpli wò o
Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò.
Susu wodzoetɔwo ƒe domenyinue nye bometsitsi, ke wotsɔa sidzedze ɖɔna na nunyalawo.
Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku, agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ.
Woanye agbe na wò kple kɔga aɖo atsyɔ̃ na wò kɔ.
Ɖo to afii, vinye, ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.
Gbe ma gbe la, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye gãnyenye ƒe fiakuku kple seƒoƒotsihe si dzeani na eƒe ame mamlɛawo.
ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si xɔ asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ.
Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o.
Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.