Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 4:7 - Agbenya La

7 Nunya ƒo nuwo katã ta eya ta dze nunya. Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la, di gɔmesese.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Nunya ƒe gɔmeloto enye be, woaƒle nunya, eye natsɔ wo kesinɔnuwo katã aƒle gɔmesesee.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 4:7
18 Mawu Ofanana  

Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?”


Gɔmesese su asinye to wò sewo dzi, eya ta metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe.


Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o, eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o!


ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la,


Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le.


Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o; ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese.


Dze nunya, di gɔmesese, mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o.


Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke, tso gɔmedzedzea me, hafi xexea me nava dzɔ.


Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.


Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu, gake nyui geɖe le nunyalanyenye me.


Ke nu ɖeka koe le vevie, eyae nye nu si Maria tia, eya womele exɔ ge le esi o.”


“Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’


Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa