Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 4:4 - Agbenya La

4 efia num hegblɔ be, “Ku ɖe nye nyawo ŋu kple wò dzi katã, lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 efia num gblɔ nam bena: Wò dzi neku ɖe nye nyawo ŋu, dzra nye sededewo ɖo, ekema anɔ agbe.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 4:4
22 Mawu Ofanana  

Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.”


“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.


Meɣla wò nya ɖe nye dzi me, be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Wò nuɖoanyiwo le dzɔdzɔe ɖaa, eya ta na gɔmesesem, be manɔ agbe.


Mawɔ ɖe wò sewo kple ɖoɖowo dzi, elabena nye mɔwo katã le nyanya na wò.


He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la, mate ɖa le edzi o.


Vinye, tsɔ wò dzi nam eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu


Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,


elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edzi ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò.


Lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe eye dzɔ nye nufiamewo ŋuti abe wò gadaglamakui ene.


Miɖo to ne miava gbɔnye. Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe. Mabla nu mavɔ kpli mi, elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la do ŋugbee na David.


Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe.


Menya be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee. Eya ta megblɔa nya si Fofo la gblɔ nam be magblɔ la.”


Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.


Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.


Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi.


Menya ale si xɔse alakpamanɔme si le mewò abe dawò Enuike kple mamawò Lois ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene.


Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me.


eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe.


Ale Manoa biae be, “Ne wò nyawo va eme la, ɖoɖo kawoe anɔ ɖevia ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dɔwɔna ŋu?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa