Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 4:2 - Agbenya La

2 Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam eya ta migagbe nye nufiafia o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nufiafia nyui mele tsɔtsɔm na mi, migagblẽ nye nufiame ɖi o.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 4:2
15 Mawu Ofanana  

“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.


“Ke ne mènɔ yonyeme o, ne ègbe se siwo mena mi dzi la wɔwɔ eye miesubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,


Ègblɔ na Mawu be ‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o eye medza le ŋkuwòme.’


Nye nyawo tso dzi vavã me eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.


Esusɔ vie woɖem ɖa le anyigba dzi kloe, gake nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o.


Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,


Míewɔ ɖe nu sia nu si ƒe se mía tɔgbuigã, Yehonadab, Rekab ƒe vi la de na mí la dzi. Míawo ŋutɔ loo alo mía srɔ̃nyɔnuwo, alo mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo meɖɔ wain kpɔ,


Nye nyawo adza ɖe mia dzi abe tsi kple zãmu ene, abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene, abe gbafie le togbɛwo ŋu ene.


Ne èɖe nu siawo me na ame bubuwo la, ànɔ wò dɔdeasi wɔm abe Yesu Kristo ƒe subɔla nyui si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si yome nèdze la nu ene.


Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa