Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 4:10 - Agbenya La

10 Ɖo to afii, vinye, ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Vinye, see, eye naxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe, ekema agbenɔƒe geɖe anɔ asiwò.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 4:10
13 Mawu Ofanana  

Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me


Ɖo to aɖaŋuɖoɖo, nàxɔ amehehe eye le nuwuwua la, àdze nunya.


Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,


Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me, eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me.


elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edzi ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò.


Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe


Azɔ la, Oo nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, mike miaƒe towo ɖe eƒe numenyawo ŋuti. Mifia mia vinyɔnuwo ale si woado ɣlii. Mifia konyifaha mia nɔewo


ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi.


Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.


Se siawo ƒe taɖodzinue nye woana miawo, mia viwo kple mia tɔgbuiyɔviwo miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la to eƒe ɖoɖowo katã dzi wɔwɔ me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne miete ŋu wɔe la, ƒe geɖe siwo me nunyoname geɖewo le la anɔ mia ŋgɔ,


Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la, etrɔ miaƒe agbenɔnɔ.


Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe, axɔe ase keŋ be Kristo Yesu va xexea me nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa