Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”
Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi, eye miade asi dada me o. Ɛ̃, eme kɔ be Israel ƒe ame aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, miava Kristo gbɔ.
Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo.