Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 3:5 - Agbenya La

5 Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo, mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o;

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 3:5
24 Mawu Ofanana  

Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko na míaƒe Mawu la tso nu sia ŋuti, eye wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu.


Togbɔ be ele wu ye ge hã la, matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko. Le nyateƒe me maʋu go nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ.


Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la le abe Zion to si meʋãna o, eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.


Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui; nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me.


Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me; ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na wò.


Zi kpoo le Yehowa ŋkume, eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me. Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo, eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la, mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.


O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela


Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea, ɛ̃, wòe mele nu fiam.


Mègaku kutri vivivo, agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o, dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.


Ame si ɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu la, bometsilae, ke ame si zɔna le nunya me la anɔ dedie.


Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o, ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃.


Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname


O Yehowa, menya be amegbetɔ ƒe agbe menye eya ŋutɔ tɔ o eye menye amegbetɔ ƒe dɔ wònye be wòalé eƒe mɔ atsɔ o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nunyala megatsɔ eƒe nunya ƒo adegbee alo ŋusẽtɔ natsɔ eƒe ŋusẽ aƒo adegbee alo kesinɔtɔ natsɔ eƒe kesinɔnuwo aƒo adegbee o,


Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ.


Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ.


Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o.


Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa