“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.
Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be.
Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu.
Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.
Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.
“Ele be miawɔ ɖe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Ne miewɔ wo dzi la, miatsi agbe ɖeɖe ko o, ke boŋ miadzi sɔ gbɔ, eye miayi aɖaxɔ anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo.