Ke azɔ mi ame siwo katã do dzo, eye miewɔ akakatiwo na mia ɖokuiwo la, miyi, eye miazɔ le miaƒe dzo siwo miedo kple akakati siwo miesi la ƒe keklẽ nu. Esiae nye nu si miaxɔ tso asinyeme: Miamlɔ anyi ɖe fuwɔame me.
Nu sia ta Samson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, sa kɔ abei eve ɖe sia ɖe ƒe asikewo ɖekae eye wòbla akakati ɖeka ɖe abei eve ɖe sia ɖe siwo ƒe asikewo wòsa ɖekae la ŋu.