5 Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe vɛ nenema kee dzitsitsi hea ahedada vɛ.
5 Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ; ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.
Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ.
Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.
Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana.
Menyo be dzo nanɔ mewò ɖe nuwo wɔwɔ ŋu gɔmesesemanɔmee alo atsi dzi ahabu mɔ o.
Domenyinu si wokpɔ to mɔ kpui dzi le gɔmedzedzea me la, yayra manɔ edzi le nuwuwua o.
Ŋutsu nuvela tsi dzi ɖe hotsuikpɔkpɔ ŋu, evɔ mehenya be ahedada le ye lalam o.
Èkpɔ ame si ƒoa nu blablablaa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea gɔ̃ hã.
Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.