3 Nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa.
3 Nusi dzɔ, eye wòle eteƒe la, wɔwɔ nyo Yehowa ŋu wu vɔsa.
Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.
elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o, eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo,
Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.
eye ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese kple ŋusẽ katã. Ele be woalɔ̃ amehavi wu be woasa vɔwo, numevɔwo kple vɔsa bubuwo.”
Nyemeka mo na wò ɖe wò akpedavɔsa alo numevɔsa siwo le ŋkunye me ɖaa la ta o.
eya ta meɖo ŋu be, “Nyee nye si meva; agbalẽ mee woŋlɔe ɖo tso ŋutinye.
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.