3 ne èyɔ sidzedze eye nèdo ɣli na gɔmesese,
3 ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la,
Yehowa nana gɔmesese wò ale be nàlé eƒe sewo me ɖe asi ne eɖo wò fiae ɖe Israel dzi.
Wò dɔlae menye, eya ta na sidzedzem, be mase wò nuɖoanyiwo gɔme.
O! Yehowa, nye ɣlidodo nede gbɔwò, tsɔ gɔmesese nam le wò nya la nu.
Na gɔmesesem, ekema malé wò se la me ɖe asi, eye mawɔ edzi kple nye dzi blibo.
Wò asie wɔm, eye wò asimee medo tso; tsɔ gɔmesese nam, be masrɔ̃ wò sededewo.
ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu hetsɔ wò dzi na gɔmesese,
ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la,
ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.
Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.
Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am eye ame siwo diam la kpɔam.
“Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?”
Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.