Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 19:16 - Agbenya La

16 Ame si wɔna ɖe sedede dzi la dzɔa eƒe agbe ŋu, ke ame si metsɔ ɖeke le eƒe mɔwo ŋu o la aku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Amesi dzraa sedede ɖo la dzraa eƒe agbe ɖo; amesi meléa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu o la, aku?

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 19:16
25 Mawu Ofanana  

Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi, eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!”


Ame si doa vlo amehehe la xɔa eŋufetu, ke ame si ɖoa to sedede la xɔa eteƒeɖoɖo.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.”


Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu: be woawɔ eƒe seawo dzi, elabena eƒe sewo mesesẽ o.


eye nu sia nu si míabiae la, míaxɔe, elabena míewɔ eƒe sewo dzi, eye míewɔ nu si dzea eŋu.


Afi si ɖeɖefia mele o la, amewo wɔa woƒe lɔlɔ̃nu; ke woayra ame si léa sea me ɖe asi.


Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la, ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me.


Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔtata ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi eye ame si dzɔa eƒe mɔ ŋu la dzɔa eƒe agbe ŋuti.


“Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me.


Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi.


Nya blibo la ƒe taƒonyae nye: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabena esia koe nye amegbetɔwo ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo


Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o. Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi.


Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,


“Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi.


Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ?


Esi wòse kpẽ la ƒe ɖiɖi, gake mewɔ nuxlɔ̃ame la dzi o ta la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Nenye ɖe wòwɔ ɖe nuxlɔ̃ame la dzi la, anye ne eɖe eɖokui.


Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi.


Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi, ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ.


Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui, ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi.


kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi, eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.


Tosesẽ wua bometsila eye ŋubiã wua numanyala.


Ŋutsu si tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la va dzudzɔna le ame kukuwo ƒe ha me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa