Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.
Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”
Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi.
Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi.
Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika si gblẽna, evɔ wololõe le dzo me hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia.