Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 14:11 - Agbenya La

11 Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe, ke ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ anɔ anyi ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe agblẽ, ke nuteƒewɔlawo ƒe agbadɔ ade ama.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 14:11
21 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi.


Wotutua ame vɔ̃ɖiwo ƒua anyi eye womeganɔa anyi o, ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe lia ke ɖaa.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’ ”


Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòhea gbegblẽ vaa ame vɔ̃ɖi la dzi.


Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’


Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu, gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi.


Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene.


Ede me eƒe ɖɔ eye wòlã, eku ɖe eŋu, gake etso ɖe eƒe asi me.


Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.


Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna, aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”


Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o eye dzo afia ame siwo lɔ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo.


ekema ne èle dzadzɛe, le dzɔdzɔe, fifia gɔ̃ hã la, atso le tawò eye wòagaɖo wò te, ada wò ɖe teƒe si wòle be nànɔ.


Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi, ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ.


Ŋukpe alé wò futɔwo eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔwo maganɔ anyi o.”


Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, togbɔ be àdi wo hã la, màkpɔ wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa