Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 13:6 - Agbenya La

6 Dzɔdzɔenyenye dzɔa ŋutsu fɔmaɖila ƒe agbe ŋuti, ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi léa nu vɔ̃ wɔla ƒua anyi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Dzɔdzɔenyenye kpɔa amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la ta; ke nu tovo wɔwɔ ƒua nu vɔ̃ɖi wɔlawo anyi.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 13:6
14 Mawu Ofanana  

Fia Solomo gblɔ be, “Ne elé eɖokui nyuie la, ame aɖeke mawɔ nuvevi aɖekee o, ke ne melé eɖokui nyuie o la, aku.”


Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe, ena Yeroboam ƒe fiaɖuƒe la gbã eye wòhe ku vɛ na eƒe ƒometɔwo katã.


Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi.


Woayra ame siwo kpɔtsɔtsɔ mele woƒe mɔwo ŋu o, ame siwo zɔna ɖe Yehowa ƒe se la nu.


Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o, eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi.


Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae. Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke


Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye, elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò.


O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.


Yehowa ƒe mɔ nye sitsoƒe na ame dzɔdzɔe, ke enye gbegblẽ na nu tovo wɔlawo.


Yehowa tsri ame siwo ƒe dzi daa alakpa, ke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe mɔwo ŋu o la ƒe nu nyoa eŋu.


Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo, ke nuteƒemawɔlawo la, woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo.


Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòhea gbegblẽ vaa ame vɔ̃ɖi la dzi.


Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa