Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 13:3 - Agbenya La

3 Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti, ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesi kpɔa eƒe nu dzi la, dzraa eƒe luʋɔ ɖo; ke amesi ke eƒe nuyiwo la, gbegblẽ aɖi kpee.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 13:3
18 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, ɖo dzɔla nye nu ŋu, eye nɔ ŋudzɔ ɖe nye nuyi ƒe ʋɔtru ŋu.


mikpɔ miaƒe aɖewo dzi nyuie tso vɔ̃ ŋuti, eye miaƒe nuyiwo tso aʋatsokaka ŋuti.


Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o, eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la, made ga nye nu.”


Nunyalawo dzraa gɔmesese ɖo, ke bometsila ƒe nu hea gbegblẽ vɛ.


Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o, ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae.


Ame si nunya le dzi me na la xɔa sededewo, ke bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃.


Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ, ke ame dzɔdzɔe dona le fu me.


Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.


Bometsila ƒe nuƒo nana ameƒoti dzea eƒe dzimegbe, ke nunyala ƒe nuyi kpɔa eta.


Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si, eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse.


Nu si bometsila ƒe nu gblɔ la, metso eya ŋutɔ gbɔ o, eye eƒe nuyi nye mɔka na eƒe luʋɔ.


Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola.


Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la, ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me.


Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ, ke mede ga eƒe aɖe o la, ele eɖokui blem, eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro.


Samson ɖo eŋu be, “Ne woblam kple ka yeye siwo wometsɔ bla nanekee kpɔ o la, ekema magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”


Ale Samson gblɔ nya sia nya nɛ be, “Womelũ ta nam kpɔ o elabena menye Naziritɔ si woɖe ɖe aga na Mawu tso nye dzidzime ke. Ne woalũ ta nam la, nye ŋusẽ adzo le gbɔnye eye magbɔdzɔ abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa