Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 11:4 - Agbenya La

4 Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 11:4
15 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ na Noa be, “Yi aɖakaʋu la me kple wò ƒometɔwo katã, elabena le anyigbadzinɔlawo katã dome la, wò koe nye ame dzɔdzɔe le nye ŋkume.


Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la, tsi sisiwo akplɔe adzoe.


Kesinɔnu si wokpɔ to mɔ fitifitiwo dzi la menye viɖe aɖeke o, gake dzɔdzɔnyenye ɖea ame tso ku me.


Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me, makumaku le mɔ ma dzi.


elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o.


Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?


nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


“ ‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me.


Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata.


Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ?


“Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’


Elabena nenye be to ame ɖeka ƒe vodada me ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la, ekema ame siwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe wu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi.


Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo, gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me, eye nàdze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa