2 na nunya kple amehehe, na nya goglowo gɔmesese,
2 ne woadze nunya kple amehehe, eye woase nuƒoƒo nunyatɔwo gome,
Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o, eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o!
Ŋudɔwɔnu ka ga nye le bometsila ƒe asi me, esi didi aɖeke mele eme ɖe nunyadidi ŋuti o?
Ɖo to aɖaŋuɖoɖo, nàxɔ amehehe eye le nuwuwua la, àdze nunya.
Ekema àse nu si nyo, le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme,
Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.
Gblɔ na nunya be, “Nɔvinye nyɔnu nènye.” Eye nàyɔ ƒometɔ na gɔmesese,
Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya, mègado tokue o.
Mi bebewuwo, midze nunya; mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si.