Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 9:13 - Agbenya La

13 Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani aɖe abe Tiro ene, gake Efraim akplɔ viawo ade asi na amewula.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye meɖo ŋku anyi kpɔ Efrayim vaseɖe Tiro be: wodoe ɖe lãnyiƒe, ke Efrayim akplɔ viawo ayi na amewula.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 9:13
13 Mawu Ofanana  

Fia Menahem gbã Tapua du kple kɔƒe siwo ƒo xlãe elabena ameawo gbe be yewomaxɔe abe woƒe fia ene o. Ewu ameawo katã eye wòdze ƒodo le funɔwo nu.


Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la, woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o.


Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’


Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi. Ege ɖe míaƒe mɔ sesẽwo me. Ekplɔ ɖeviwo dzoe le mɔtatawo dzi eye wòɖe ɖekakpuiwo ɖa le dua ƒe ablɔ me.


“Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la, nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo. Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la, ame aɖeke mesi alo tsi agbe o. Ame siwo mehe eye menyi la nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.”


Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Ègblɔ be, ‘Tiro, mede blibo le nyonyo me.’


Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ, eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã, abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene; le nyadzɔdzɔ ma me la, wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku.


Samaria azu aƒedo, elabena edze aglã ɖe Mawu ŋu. Woatsi yi nu, woalé vidzĩwo axlã ɖe anyi woaku, eye woako woƒe funɔwo kple yi agbagbee.”


Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.


O Israel, mitrɔ yi Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu.


Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel, wò kewo katã yrɔ, màgatse ku azɔ o, eye ne èdzi vi hã la, mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.”


“Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò, “ ‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la, srɔ̃wò azu gbolo le du sia me, woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi; woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae. Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi, eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa